Deuteronomy 22 (BOECS)

1 “Ne èkpɔ ame aɖe ƒe nyi alo alẽ wòtra mɔ la, mègawɔ abe ɖe mèkpɔe ene o; kplɔe yi na nutɔ. 2 Ne mènya nutɔ o la, kplɔe yi wòatsi gbɔwò va se ɖe esime nutɔ nava dii, eye nàɖe asi le eŋu nɛ. 3 Nenema kee nàwɔ tedziwo, ame ƒe nudodo kple eƒe nu bubu ɖe sia ɖe si nàkpɔ. Kpɔ wo dzi na nutɔwo. 4 “Ne èkpɔ ame aɖe, eƒe nyi alo tedzi wòdze anyi, eye nutɔ le agbagba dzem be yeafɔe ɖe tsitre la, mègatrɔ kɔ ɖe adzɔge o; yi nàkpe ɖe eŋu! 5 “Nyɔnu mekpɔ mɔ ado ŋutsuwu o. Nenema ke ŋutsu hã mekpɔ mɔ ado nyɔnuwu o. Nu sia wɔwɔ nye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la. 6 “Ne èkpɔ xevi aɖe ƒe atɔ le anyigba alo le ati aɖe dzi, eye xevi suewo alo aziwo le eme le xevi sueawo dadaa te la, mègalé xeviawo dadaa kpe ɖe xevi sueawo ŋu o. 7 Ɖe asi le wo dadaa ŋu, eye nàlé sueawo ko. Yehowa ayra wò ɖe nu sia ta. 8 “Ele be woatɔ kpɔ aƒo xlã xɔ yeye ɖe sia ɖe si wogba eƒe tame le gbadza la ƒe tame kpe ɖo, ale be ame aɖeke magage tso xɔ la tame, eye wòade hlɔ̃fe aƒea kple aƒea tɔ siaa ŋu o. 9 “Mègaƒã nuku bubuwo ɖe wò waintiwo dome o; ne menye nenema o la, nukuawo kple waintsetseawo katã azu nu kɔkɔewo na nunɔlawo. 10 “Mègade kɔkuti ɖeka ma kɔ na nyitsu kple tedzi hena dɔwɔwɔ le wò agble me o. 11 “Mègado awu si wolɔ̃ kple ka ƒomevi eve, abe lãfuka kple ɖetika ene o. 12 “Ele be nàde gbo wò avɔ tsyɔtsyɔ ƒe dzogoe eneawo nu.” 13 Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye wòdɔ egbɔ, 14 emegbe wògblɔ be edɔ ŋutsu gbɔ kpɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, eye wòtsɔ nya ɖe eŋu be, “Menye ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ wònye hafi meɖee o” la, 15 ekema ɖetugbi la fofo kple dadaa aɖe ɖetugbi la ƒe ŋutsumanyamanya do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la afia dua ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. 16 Ɖetugbi la fofo agblɔ na wo be, “Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia be wòaɖe. Eɖee, ke fifia edo vloe 17 hele ŋukpenanyawo gblɔm ɖe eŋuti be enya ŋutsu hafi yeɖee. Ke nyateƒe la ƒe ɖeɖefiae nye esi.” Ekema wòakeke nyɔnu la ƒe avɔ me afia ʋɔnudrɔ̃lawo. 18 Ekema ʋɔnudrɔ̃lawo aɖe gbe, eye woaƒo ŋutsu la, 19 eye woana wòaxe klosalo alafa ɖeka na ɖetugbi la fofo, elabena eka aʋatso ɖe Israel ɖetugbi dzadzɛ aɖe si. Nyɔnu la aganye ŋutsu la srɔ̃, eye ŋutsua mekpɔ mɔ agbee o. 20 Ke ne nya si ŋutsu la tsɔ ɖe eŋu nye nyateƒe be nyɔnu la de ŋutsu aɖe gbɔ kpɔ do ŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe la, 21 ekema ʋɔnudrɔ̃lawo akplɔ nyɔnu la ayi fofoa ƒe aƒememɔnu, afi si dua me ŋutsuwo aƒu kpee le wòaku. Ewɔ nu vɔ̃, eye wògblẽ kɔ ɖo na Israel to gbolowɔwɔ me le edzilawo ƒe aƒe me. Ele be miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome. 22 Ne wolé ŋutsu aɖe wòle ahasi wɔm la, woawu eya kple ŋutsu kemɛ srɔ̃ la siaa. To mɔ sia dzi la, woaɖe nu vɔ̃ ɖa le Israel. 23 Ne wobia ɖetugbi aɖe ta hafi ŋutsu bubu de asi eŋu le dua me la, 24 woakplɔ ɖetugbi la kple ŋutsu si de asi eŋu siaa ayi du la godo, eye woaƒu kpe wo woaku. Woawu ɖetugbi la, elabena medo ɣli be woaxɔ na ye o. Woawu ŋutsu la, elabena ede asi nyɔnu si ta ŋutsu bubu bia la ŋu. 25 Ale nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. Ke ne wowɔ nu vɔ̃ sia le gbedzi, le dua godo la, woawu ŋutsu la ɖeɖe ko. 26 Womawu nyɔnu la ya o, 27 elabena woate ŋu axɔe ase be edo ɣli, gake ame aɖeke menɔ gbedzi le dua godo axɔ nɛ o. 28 Ne ŋutsu aɖe de asi ɖetugbi si ta womebia o ŋu sesẽtɔe, eye wolé wo la, 29 ele be ŋutsu la naxe fe aɖe na ɖetugbi la fofo ekema aɖe ɖetugbi la, eye magbee akpɔ o. 30 Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ ade asi fofoa ƒe ahosi ŋu o, elabena fofoa srɔ̃e wònye kpɔ.

In Other Versions

Deuteronomy 22 in the ANGEFD

Deuteronomy 22 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 22 in the AS21

Deuteronomy 22 in the BAGH

Deuteronomy 22 in the BBPNG

Deuteronomy 22 in the BBT1E

Deuteronomy 22 in the BDS

Deuteronomy 22 in the BEV

Deuteronomy 22 in the BHAD

Deuteronomy 22 in the BIB

Deuteronomy 22 in the BLPT

Deuteronomy 22 in the BNT

Deuteronomy 22 in the BNTABOOT

Deuteronomy 22 in the BNTLV

Deuteronomy 22 in the BOATCB

Deuteronomy 22 in the BOATCB2

Deuteronomy 22 in the BOBCV

Deuteronomy 22 in the BOCNT

Deuteronomy 22 in the BOGWICC

Deuteronomy 22 in the BOHCB

Deuteronomy 22 in the BOHCV

Deuteronomy 22 in the BOHLNT

Deuteronomy 22 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 22 in the BOICB

Deuteronomy 22 in the BOILNTAP

Deuteronomy 22 in the BOITCV

Deuteronomy 22 in the BOKCV

Deuteronomy 22 in the BOKCV2

Deuteronomy 22 in the BOKHWOG

Deuteronomy 22 in the BOKSSV

Deuteronomy 22 in the BOLCB

Deuteronomy 22 in the BOLCB2

Deuteronomy 22 in the BOMCV

Deuteronomy 22 in the BONAV

Deuteronomy 22 in the BONCB

Deuteronomy 22 in the BONLT

Deuteronomy 22 in the BONUT2

Deuteronomy 22 in the BOPLNT

Deuteronomy 22 in the BOSCB

Deuteronomy 22 in the BOSNC

Deuteronomy 22 in the BOTLNT

Deuteronomy 22 in the BOVCB

Deuteronomy 22 in the BOYCB

Deuteronomy 22 in the BPBB

Deuteronomy 22 in the BPH

Deuteronomy 22 in the BSB

Deuteronomy 22 in the CCB

Deuteronomy 22 in the CUV

Deuteronomy 22 in the CUVS

Deuteronomy 22 in the DBT

Deuteronomy 22 in the DGDNT

Deuteronomy 22 in the DHNT

Deuteronomy 22 in the DNT

Deuteronomy 22 in the ELBE

Deuteronomy 22 in the EMTV

Deuteronomy 22 in the ESV

Deuteronomy 22 in the FBV

Deuteronomy 22 in the FEB

Deuteronomy 22 in the GGMNT

Deuteronomy 22 in the GNT

Deuteronomy 22 in the HARY

Deuteronomy 22 in the HNT

Deuteronomy 22 in the IRVA

Deuteronomy 22 in the IRVB

Deuteronomy 22 in the IRVG

Deuteronomy 22 in the IRVH

Deuteronomy 22 in the IRVK

Deuteronomy 22 in the IRVM

Deuteronomy 22 in the IRVM2

Deuteronomy 22 in the IRVO

Deuteronomy 22 in the IRVP

Deuteronomy 22 in the IRVT

Deuteronomy 22 in the IRVT2

Deuteronomy 22 in the IRVU

Deuteronomy 22 in the ISVN

Deuteronomy 22 in the JSNT

Deuteronomy 22 in the KAPI

Deuteronomy 22 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 22 in the KBV

Deuteronomy 22 in the KJV

Deuteronomy 22 in the KNFD

Deuteronomy 22 in the LBA

Deuteronomy 22 in the LBLA

Deuteronomy 22 in the LNT

Deuteronomy 22 in the LSV

Deuteronomy 22 in the MAAL

Deuteronomy 22 in the MBV

Deuteronomy 22 in the MBV2

Deuteronomy 22 in the MHNT

Deuteronomy 22 in the MKNFD

Deuteronomy 22 in the MNG

Deuteronomy 22 in the MNT

Deuteronomy 22 in the MNT2

Deuteronomy 22 in the MRS1T

Deuteronomy 22 in the NAA

Deuteronomy 22 in the NASB

Deuteronomy 22 in the NBLA

Deuteronomy 22 in the NBS

Deuteronomy 22 in the NBVTP

Deuteronomy 22 in the NET2

Deuteronomy 22 in the NIV11

Deuteronomy 22 in the NNT

Deuteronomy 22 in the NNT2

Deuteronomy 22 in the NNT3

Deuteronomy 22 in the PDDPT

Deuteronomy 22 in the PFNT

Deuteronomy 22 in the RMNT

Deuteronomy 22 in the SBIAS

Deuteronomy 22 in the SBIBS

Deuteronomy 22 in the SBIBS2

Deuteronomy 22 in the SBICS

Deuteronomy 22 in the SBIDS

Deuteronomy 22 in the SBIGS

Deuteronomy 22 in the SBIHS

Deuteronomy 22 in the SBIIS

Deuteronomy 22 in the SBIIS2

Deuteronomy 22 in the SBIIS3

Deuteronomy 22 in the SBIKS

Deuteronomy 22 in the SBIKS2

Deuteronomy 22 in the SBIMS

Deuteronomy 22 in the SBIOS

Deuteronomy 22 in the SBIPS

Deuteronomy 22 in the SBISS

Deuteronomy 22 in the SBITS

Deuteronomy 22 in the SBITS2

Deuteronomy 22 in the SBITS3

Deuteronomy 22 in the SBITS4

Deuteronomy 22 in the SBIUS

Deuteronomy 22 in the SBIVS

Deuteronomy 22 in the SBT

Deuteronomy 22 in the SBT1E

Deuteronomy 22 in the SCHL

Deuteronomy 22 in the SNT

Deuteronomy 22 in the SUSU

Deuteronomy 22 in the SUSU2

Deuteronomy 22 in the SYNO

Deuteronomy 22 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 22 in the TBT1E

Deuteronomy 22 in the TBT1E2

Deuteronomy 22 in the TFTIP

Deuteronomy 22 in the TFTU

Deuteronomy 22 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 22 in the THAI

Deuteronomy 22 in the TNFD

Deuteronomy 22 in the TNT

Deuteronomy 22 in the TNTIK

Deuteronomy 22 in the TNTIL

Deuteronomy 22 in the TNTIN

Deuteronomy 22 in the TNTIP

Deuteronomy 22 in the TNTIZ

Deuteronomy 22 in the TOMA

Deuteronomy 22 in the TTENT

Deuteronomy 22 in the UBG

Deuteronomy 22 in the UGV

Deuteronomy 22 in the UGV2

Deuteronomy 22 in the UGV3

Deuteronomy 22 in the VBL

Deuteronomy 22 in the VDCC

Deuteronomy 22 in the YALU

Deuteronomy 22 in the YAPE

Deuteronomy 22 in the YBVTP

Deuteronomy 22 in the ZBP