Isaiah 66 (BOECS)

1 Ale Yehowa gblɔe nye esi,“Dziƒoe nye nye fiazikpui,eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu.Afi ka xɔ si miatu nam la le?Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ. 2 Menye nye asie wɔ esiawo katã,eye wova dzɔ oa?”Yehowae gblɔe. “Esiae nye ame si mebuna;ame si bɔbɔ eɖokui,da ahe le gbɔgbɔ me,eye ne ese nye nya la,wòdzona nyanyanya. 3 Ke ame si tsɔ nyitsu sa vɔe la,sɔ kple ame si wu ame,eye ame si tsɔ alẽvi sa vɔe la,sɔ kple ame si ŋe kɔ na avu.Ame si sa nuɖuvɔ la,sɔ kple ame si tsɔ ha ƒe ʋu sa vɔe,eye ame si do ŋkuɖodzi ƒe dzudzɔ ʋeʋĩ la,sɔ kple ame si subɔ legba.Wotia woawo ŋutɔ ƒe mɔwo,eye woƒe luʋɔ dzɔa dzile woƒe ŋunyɔnuawo ŋu, 4 eya ta nye hã masẽ ŋuta le wo ŋu,eye mana nu si le ŋɔ dzim na wo la nava wo dzi,elabena esi meyɔ wo la,ame aɖeke metɔ o, eye esi meƒo nu la,ame aɖeke meɖo to o.Wowɔ nu vɔ̃ɖi le nye ŋkume,eye wotia nu si medoa dzidzɔ nam o.” 5 Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa ƒe nya la,mise Yehowa ƒe nya.“Mia nɔviŋutsu siwo lé fu mi,eye woɖe mi ɖe aga le nye ŋkɔ ta la, gblɔ be,‘Wonetsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowabe miakpɔ miaƒe dzidzɔ’,gake ŋukpe alé wo. 6 Se hoowɔwɔ ma si tso dua mekple ɣli si le ɖiɖim tso gbedoxɔ me la ɖa.Gbeɖiɖi la nye Yehowa ƒe gbe.Ele fetu si dze na eƒe futɔwo la xem na wo. 7 “Edzi vi hafi lé ku.Edzi ŋutsuvi hafi fu ɖui. 8 Ame kae se esia tɔgbi kpɔ?Ame kae kpɔ esiawo kpɔ?Ɖe woate ŋu adzi dukɔ aɖe le ŋkeke ɖeka me,alo woadzi anyigba aɖe zi ɖeka kpoyia?Ke Zion ya léa ku hedziaviawo zi ɖeka kpoyi. 9 Ɖe mana be vidziɣi naɖo, gake magbe vixexea?” Yehowae gblɔe.“Ɖe nye ame si ɖe mɔ be woadzi vi la, natu vidzidɔa?”Wò Mawu lae gblɔe. 10 “Mitso aseye ɖe Yerusalem ŋu,eye mikpɔ dzidzɔ kplii,mi ame siwo katã lɔ̃e.Mitso dzidzɔ ƒe aseye kplii,mi ame siwo katã fa konyi ɖe eta, 11 elabena miano eƒe akɔfafa ƒe no, eye miaɖi kɔ.Mianoe fũu, eye ale si notsi la le dodom bababa la,ana miaƒe dziwo nadze eme.” 12 Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi,“Matsɔ ŋutifafa nɛ wòasi abe tɔsisi ene,eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava nɛabe tɔʋu si ɖɔ gbã go la ene.Àno eƒe no, akɔ wò ɖe eƒe abɔwo me,eye àfe le eƒe atata. 13 Abe ale si vi dada faa akɔe na via ene la,nenema mafa akɔ na mi,eye woafa akɔ na mi le Yerusalem ta.” 14 Ne miekpɔ esia la, miaƒe dziwo akpɔ dzidzɔ,eye miatsi abe gbe ene.Woaɖe Yehowa ƒe asi ɖe go afia eƒe dɔlawo.Ke woaɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la, afia eƒe futɔwo. 15 Kpɔ ɖa, Yehowa gbɔna kple dzo bibi,eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene.Aɖe eƒe dziku ɖe go le dɔmedzoe helĩhelĩ me,eye wòaɖe eƒe mokaname afia le dzo ƒe aɖewo me, 16 elabena Yehowa atsɔ dzokple eƒe yi ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava amewo katã dzi.Ame geɖewoe nye ame siwo Yehowa awu. 17 Yehowa be, “Ame siwo wɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe hekɔ wo ɖokuiwo ŋu nyuie be woayi ɖe abɔwo me, eye wokplɔ ame si le titina na halã, alegeli kple ŋunyɔnu bubuwo ɖulawo ɖo la, wo katã woatsrɔ̃ ɖekae. 18 “Ke nye la, le woƒe nuwɔnawo kple tameɖoɖo ta la, esusɔ vie mava ƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu be woakpɔ nye ŋutikɔkɔe. 19 “Maɖo dzesi anyi ɖe wo dome, eye maɖo ame siwo tsi agbe la ƒe ɖewo ɖe dukɔwo dome, ɖe Tarsis, Libia kple Lidiatɔwo dome, ame siwo xɔ ŋkɔ le aŋutrɔdada me. Maɖo ɖewo ɖe Tubal, Griknyigba dzi kple didiƒeƒukpowo dzi, afi si womese nye gãnyenye alo kpɔ nye ŋutikɔkɔe le kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye ŋutikɔkɔe le dukɔwo dome. 20 Woakplɔ nɔviwò ŋutsuwo katã ɖe asi vɛ, woanɔ sɔwo dzi, woanɔ tasiaɖamwo me, woanɔ kekewo, tedzisɔwo kple kposɔwo dzi, tso dukɔwo katã dome ava nye to kɔkɔe, Yerusalem dzi abe vɔsa ene na Yehowa. Woatsɔ wo vɛ abe ale si Israelviwo tsɔa nuɖuvɔsa vaa Yehowa ƒe gbedoxɔ me ɖe agba gbadzɛwo me ene, 21 eye matia wo dometɔ aɖewo be woanye nunɔlawo kple Leviviwo.” Yehowae gblɔe. 22 Yehowa be, “Abe ale si dziƒo kple anyigba yeye siwo mewɔ la anɔ anyi tegbee le nye ŋkume ene la, nenema ke wò ŋkɔ kple wò dzidzimeviwo anɔ anyi tegbee. 23 Tso Dzinu Yeye yi Dzinu Yeye, tso Dzudzɔgbe ɖeka yi Dzudzɔgbe bubu, amegbetɔwo katã ava ade ta agu ɖe nye ŋkume. 24 Woado go aɖakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabena woƒe nyewo maku o, woƒe dzowo matsi o, eye woanye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”

In Other Versions

Isaiah 66 in the ANGEFD

Isaiah 66 in the ANTPNG2D

Isaiah 66 in the AS21

Isaiah 66 in the BAGH

Isaiah 66 in the BBPNG

Isaiah 66 in the BBT1E

Isaiah 66 in the BDS

Isaiah 66 in the BEV

Isaiah 66 in the BHAD

Isaiah 66 in the BIB

Isaiah 66 in the BLPT

Isaiah 66 in the BNT

Isaiah 66 in the BNTABOOT

Isaiah 66 in the BNTLV

Isaiah 66 in the BOATCB

Isaiah 66 in the BOATCB2

Isaiah 66 in the BOBCV

Isaiah 66 in the BOCNT

Isaiah 66 in the BOGWICC

Isaiah 66 in the BOHCB

Isaiah 66 in the BOHCV

Isaiah 66 in the BOHLNT

Isaiah 66 in the BOHNTLTAL

Isaiah 66 in the BOICB

Isaiah 66 in the BOILNTAP

Isaiah 66 in the BOITCV

Isaiah 66 in the BOKCV

Isaiah 66 in the BOKCV2

Isaiah 66 in the BOKHWOG

Isaiah 66 in the BOKSSV

Isaiah 66 in the BOLCB

Isaiah 66 in the BOLCB2

Isaiah 66 in the BOMCV

Isaiah 66 in the BONAV

Isaiah 66 in the BONCB

Isaiah 66 in the BONLT

Isaiah 66 in the BONUT2

Isaiah 66 in the BOPLNT

Isaiah 66 in the BOSCB

Isaiah 66 in the BOSNC

Isaiah 66 in the BOTLNT

Isaiah 66 in the BOVCB

Isaiah 66 in the BOYCB

Isaiah 66 in the BPBB

Isaiah 66 in the BPH

Isaiah 66 in the BSB

Isaiah 66 in the CCB

Isaiah 66 in the CUV

Isaiah 66 in the CUVS

Isaiah 66 in the DBT

Isaiah 66 in the DGDNT

Isaiah 66 in the DHNT

Isaiah 66 in the DNT

Isaiah 66 in the ELBE

Isaiah 66 in the EMTV

Isaiah 66 in the ESV

Isaiah 66 in the FBV

Isaiah 66 in the FEB

Isaiah 66 in the GGMNT

Isaiah 66 in the GNT

Isaiah 66 in the HARY

Isaiah 66 in the HNT

Isaiah 66 in the IRVA

Isaiah 66 in the IRVB

Isaiah 66 in the IRVG

Isaiah 66 in the IRVH

Isaiah 66 in the IRVK

Isaiah 66 in the IRVM

Isaiah 66 in the IRVM2

Isaiah 66 in the IRVO

Isaiah 66 in the IRVP

Isaiah 66 in the IRVT

Isaiah 66 in the IRVT2

Isaiah 66 in the IRVU

Isaiah 66 in the ISVN

Isaiah 66 in the JSNT

Isaiah 66 in the KAPI

Isaiah 66 in the KBT1ETNIK

Isaiah 66 in the KBV

Isaiah 66 in the KJV

Isaiah 66 in the KNFD

Isaiah 66 in the LBA

Isaiah 66 in the LBLA

Isaiah 66 in the LNT

Isaiah 66 in the LSV

Isaiah 66 in the MAAL

Isaiah 66 in the MBV

Isaiah 66 in the MBV2

Isaiah 66 in the MHNT

Isaiah 66 in the MKNFD

Isaiah 66 in the MNG

Isaiah 66 in the MNT

Isaiah 66 in the MNT2

Isaiah 66 in the MRS1T

Isaiah 66 in the NAA

Isaiah 66 in the NASB

Isaiah 66 in the NBLA

Isaiah 66 in the NBS

Isaiah 66 in the NBVTP

Isaiah 66 in the NET2

Isaiah 66 in the NIV11

Isaiah 66 in the NNT

Isaiah 66 in the NNT2

Isaiah 66 in the NNT3

Isaiah 66 in the PDDPT

Isaiah 66 in the PFNT

Isaiah 66 in the RMNT

Isaiah 66 in the SBIAS

Isaiah 66 in the SBIBS

Isaiah 66 in the SBIBS2

Isaiah 66 in the SBICS

Isaiah 66 in the SBIDS

Isaiah 66 in the SBIGS

Isaiah 66 in the SBIHS

Isaiah 66 in the SBIIS

Isaiah 66 in the SBIIS2

Isaiah 66 in the SBIIS3

Isaiah 66 in the SBIKS

Isaiah 66 in the SBIKS2

Isaiah 66 in the SBIMS

Isaiah 66 in the SBIOS

Isaiah 66 in the SBIPS

Isaiah 66 in the SBISS

Isaiah 66 in the SBITS

Isaiah 66 in the SBITS2

Isaiah 66 in the SBITS3

Isaiah 66 in the SBITS4

Isaiah 66 in the SBIUS

Isaiah 66 in the SBIVS

Isaiah 66 in the SBT

Isaiah 66 in the SBT1E

Isaiah 66 in the SCHL

Isaiah 66 in the SNT

Isaiah 66 in the SUSU

Isaiah 66 in the SUSU2

Isaiah 66 in the SYNO

Isaiah 66 in the TBIAOTANT

Isaiah 66 in the TBT1E

Isaiah 66 in the TBT1E2

Isaiah 66 in the TFTIP

Isaiah 66 in the TFTU

Isaiah 66 in the TGNTATF3T

Isaiah 66 in the THAI

Isaiah 66 in the TNFD

Isaiah 66 in the TNT

Isaiah 66 in the TNTIK

Isaiah 66 in the TNTIL

Isaiah 66 in the TNTIN

Isaiah 66 in the TNTIP

Isaiah 66 in the TNTIZ

Isaiah 66 in the TOMA

Isaiah 66 in the TTENT

Isaiah 66 in the UBG

Isaiah 66 in the UGV

Isaiah 66 in the UGV2

Isaiah 66 in the UGV3

Isaiah 66 in the VBL

Isaiah 66 in the VDCC

Isaiah 66 in the YALU

Isaiah 66 in the YAPE

Isaiah 66 in the YBVTP

Isaiah 66 in the ZBP