John 20 (BOECS)

1 Le Kɔsiɖagbe ŋdi kanya, esi xexea me mekɔ vɔ tututu o la, Maria si tso Magdala la yi yɔdo la gbɔ, eye wòkpɔ be womli kpe si nɔ yɔdo la nu la ɖa. 2 Eƒu du yi Simɔn Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ vevie la gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Wova ɖe Aƒetɔ la ƒe kukua le yɔdo la me, eye míenya afi si wokɔe yi ɖada ɖo o!” 3 Ale Petro kple nusrɔ̃la ma si Yesu lɔ̃ la tso kpla yi ɖe yɔdo la gbɔ. 4 Wo ame eve la nɔ du ƒum, gake nusrɔ̃la kemɛ la ƒu du gbɔ Petro ŋu hetre yɔdo la gbɔ ɖoɖo. 5 Ebɔbɔ kpɔ yɔdo la me, ke ekpɔ ameɖivɔ la le yɔdo la me, gake mege ɖe eme o. 6 Simɔn Petro hã va ɖo, eye wòge ɖe yɔdo la me. Eya hã kpɔ avɔ ɣi ƒuƒlu la le anyigba, 7 kple taku si wotsɔ bla Yesu ƒe tae la; woxatsae nyuie tsɔ da ɖe yɔdo la ƒe axadzi. 8 Nusrɔ̃la ma si ɖo yɔdo la gbɔ gbã la hã ge ɖe eme mlɔeba. Ekpɔe, eye wòxɔe se be, etsi tsitre vavã. 9 (Elabena va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, womese egɔme le mawunya me be Yesu atsi tsitre tso ame kukuwo dome o.) 10 Azɔ nusrɔ̃lawo trɔ yi aƒe me. 11 Ke Maria tɔ ɖe yɔdo la to nɔ avi fam. Esi wònɔ avi fam la, ebɔbɔ be yeakpɔ yɔdo la me ɖa, 12 kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdo la me wonɔ anyi ɖe teƒe si Yesu ƒe ŋutilã kukua nɔ; ɖeka nɔ tade, eye evelia nɔ afɔde. 13 Wobiae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo?”Eɖo eŋu na wo be, “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wokɔe da ɖo o.” 14 Enye kɔ kpɔ megbe, eye wòkpɔ Yesu wònɔ tsitre ɖe emegbe, gake menya be Yesue o. 15 Yesu biae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo? Ame ka dim nèle?”Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va kɔe le afi sia la, gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam be mayi aɖakɔe.” 16 Yesu yɔe be, “Maria!”Enumake Maria trɔ ɖe Yesu ŋu, eye wòyɔe le Hebrigbe me be, “Raboni!” (si gɔmee nye “Nufiala”). 17 Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.” 18 Maria Magdalatɔ la yi nusrɔ̃lawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Mekpɔ Aƒetɔ la,” eye wògblɔ nya siwo Yesu gblɔ nɛ la na wo. 19 Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ me la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Yesu va do ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi.” 20 Esi wògblɔ esia la, etsɔ eƒe asiwo kple axadame fia wo. Nusrɔ̃lawo kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe esi wokpɔ Aƒetɔ la. 21 Yesu gagblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi. Abe ale si Fofo la dɔm ene la, nenema nye hã mele mia dɔm.” 22 Le esia megbe la, egbɔ ɖe wo dzi, eye wògblɔ be, “Mixɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la. 23 Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee la, ekpɔ tsɔtsɔke; ne mietsɔe ke ame aɖe o la, makpɔ tsɔtsɔke o.” 24 Toma, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka (si wogayɔna be Didymus) la menɔ nusrɔ̃lawo dome hafi Yesu va o. 25 Esi wòva la, nusrɔ̃la mamlɛawo gblɔ nɛ be, “Míekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma gblɔ na wo be, “Va se ɖe esime metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe abi si le axadame nɛ me la, nyemaxɔe se o.” 26 Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me, tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu, eye Toma hã nɔ wo dome. Togbɔ be ʋɔtruawo nɔ tutu hã la, Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ be, “Ŋutifafa na mi.” 27 Emegbe la, egblɔ na Toma be, “Tsɔ wò asibidɛ ƒo ɖe afi sia; kpɔ nye asiwo ɖa. Tsɔ wò asi de nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, eye nàxɔe se.” 28 Toma gblɔ be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu!” 29 Yesu gblɔ nɛ be, “Esi nèkpɔm la, èxɔe se, ke woayra ame siwo mekpɔm o, gake woxɔ dzinye se.” 30 Yesu wɔ nukunu kple dzesi geɖewo le nusrɔ̃lawo ƒe ŋkume, esiwo womeŋlɔ ɖe agbalẽ sia me o. 31 Ke woŋlɔ esiawo da ɖi be miaxɔe se be Yesue nye Kristo la kple Mawu ƒe Vi la, eye ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ me.

In Other Versions

John 20 in the ANGEFD

John 20 in the ANTPNG2D

John 20 in the AS21

John 20 in the BAGH

John 20 in the BBPNG

John 20 in the BBT1E

John 20 in the BDS

John 20 in the BEV

John 20 in the BHAD

John 20 in the BIB

John 20 in the BLPT

John 20 in the BNT

John 20 in the BNTABOOT

John 20 in the BNTLV

John 20 in the BOATCB

John 20 in the BOATCB2

John 20 in the BOBCV

John 20 in the BOCNT

John 20 in the BOGWICC

John 20 in the BOHCB

John 20 in the BOHCV

John 20 in the BOHLNT

John 20 in the BOHNTLTAL

John 20 in the BOICB

John 20 in the BOILNTAP

John 20 in the BOITCV

John 20 in the BOKCV

John 20 in the BOKCV2

John 20 in the BOKHWOG

John 20 in the BOKSSV

John 20 in the BOLCB

John 20 in the BOLCB2

John 20 in the BOMCV

John 20 in the BONAV

John 20 in the BONCB

John 20 in the BONLT

John 20 in the BONUT2

John 20 in the BOPLNT

John 20 in the BOSCB

John 20 in the BOSNC

John 20 in the BOTLNT

John 20 in the BOVCB

John 20 in the BOYCB

John 20 in the BPBB

John 20 in the BPH

John 20 in the BSB

John 20 in the CCB

John 20 in the CUV

John 20 in the CUVS

John 20 in the DBT

John 20 in the DGDNT

John 20 in the DHNT

John 20 in the DNT

John 20 in the ELBE

John 20 in the EMTV

John 20 in the ESV

John 20 in the FBV

John 20 in the FEB

John 20 in the GGMNT

John 20 in the GNT

John 20 in the HARY

John 20 in the HNT

John 20 in the IRVA

John 20 in the IRVB

John 20 in the IRVG

John 20 in the IRVH

John 20 in the IRVK

John 20 in the IRVM

John 20 in the IRVM2

John 20 in the IRVO

John 20 in the IRVP

John 20 in the IRVT

John 20 in the IRVT2

John 20 in the IRVU

John 20 in the ISVN

John 20 in the JSNT

John 20 in the KAPI

John 20 in the KBT1ETNIK

John 20 in the KBV

John 20 in the KJV

John 20 in the KNFD

John 20 in the LBA

John 20 in the LBLA

John 20 in the LNT

John 20 in the LSV

John 20 in the MAAL

John 20 in the MBV

John 20 in the MBV2

John 20 in the MHNT

John 20 in the MKNFD

John 20 in the MNG

John 20 in the MNT

John 20 in the MNT2

John 20 in the MRS1T

John 20 in the NAA

John 20 in the NASB

John 20 in the NBLA

John 20 in the NBS

John 20 in the NBVTP

John 20 in the NET2

John 20 in the NIV11

John 20 in the NNT

John 20 in the NNT2

John 20 in the NNT3

John 20 in the PDDPT

John 20 in the PFNT

John 20 in the RMNT

John 20 in the SBIAS

John 20 in the SBIBS

John 20 in the SBIBS2

John 20 in the SBICS

John 20 in the SBIDS

John 20 in the SBIGS

John 20 in the SBIHS

John 20 in the SBIIS

John 20 in the SBIIS2

John 20 in the SBIIS3

John 20 in the SBIKS

John 20 in the SBIKS2

John 20 in the SBIMS

John 20 in the SBIOS

John 20 in the SBIPS

John 20 in the SBISS

John 20 in the SBITS

John 20 in the SBITS2

John 20 in the SBITS3

John 20 in the SBITS4

John 20 in the SBIUS

John 20 in the SBIVS

John 20 in the SBT

John 20 in the SBT1E

John 20 in the SCHL

John 20 in the SNT

John 20 in the SUSU

John 20 in the SUSU2

John 20 in the SYNO

John 20 in the TBIAOTANT

John 20 in the TBT1E

John 20 in the TBT1E2

John 20 in the TFTIP

John 20 in the TFTU

John 20 in the TGNTATF3T

John 20 in the THAI

John 20 in the TNFD

John 20 in the TNT

John 20 in the TNTIK

John 20 in the TNTIL

John 20 in the TNTIN

John 20 in the TNTIP

John 20 in the TNTIZ

John 20 in the TOMA

John 20 in the TTENT

John 20 in the UBG

John 20 in the UGV

John 20 in the UGV2

John 20 in the UGV3

John 20 in the VBL

John 20 in the VDCC

John 20 in the YALU

John 20 in the YAPE

John 20 in the YBVTP

John 20 in the ZBP