Lamentations 1 (BOECS)

1 “Aleke du si yɔ fũukple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale!Du si nye du gã le duwo dome la le azɔabe ahosi ene!Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe. 2 “Ele avi fam hehehe le zã meeye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ.Eƒe ahiãvi gbogboawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o.Xɔlɔ̃ lɔlɔ̃wo katã trɔ le eyome hezu eƒe futɔwo. 3 “Le teteɖeanyi kple dzizizidɔ sesẽwo megbe la,Yuda yi ɖe aboyo me.Ele dukɔwo domegake mekpɔ gbɔɖemeƒe o.Ame siwo katã le eyome tim la ke ɖe eŋu le xaxa me. 4 “Zion mɔwo le konyi famelabena ame aɖeke megazɔa wo dzi yina ɖeeƒe azãwo ɖuƒe o.Eƒe agbowo gbã, eye eƒe nunɔlawo le hũu ɖem.Eƒe ɖetugbiwo le konyi fameye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me. 5 “Eƒe futɔwo zu edziɖulawoeye eƒe ketɔwo ɖe dzi ɖi.Yehowa do hiã nɛ le eƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta.Viawo yi ɖe aboyo me,eye wozu aʋaléleawo le futɔwo ŋgɔ. 6 “Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃wo katã dzo le eŋu.Eƒe dumegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o,eye le gbɔdzɔgbɔdzɔ me wosi le wo yometilawo ŋgɔ ene. 7 “Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo nɔesi le blemaŋkekewo me la dzi,le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me.Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la,ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.Eƒe futɔwo nye kɔ kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta. 8 “Yerusalem ƒe nu vɔ̃wo lolo eya ta wòzu ame makɔmakɔ.Ame siwo dea bubu eŋu tsã la le vlo domi,elabena wokpɔ eƒe amame,eya ŋutɔ ɖe hũu hetrɔ dzo. 9 “Eƒe ɖiƒoƒo lé ɖe eƒe avɔto,elabena mebu etsɔ me kpɔ o.Eƒe anyidzedze wɔ nukueye ame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o. “O, Yehowa, nye kɔ, kpɔ nye vevesese ɖaelabena ketɔ la ɖu dzi.” 10 Futɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ;ekpɔ trɔ̃subɔdukɔwo,ame siwo mèɖe mɔ be woage ɖe wò asaɖa me o lage ɖe wò kɔkɔeƒe la. 11 Eƒe amewo katã le tsatsam le abolo dim kple ŋeŋe,wotsɔa woƒe kesinɔnu veviwo ɖɔa li nuɖuɖu be woanɔ agbe.“O, Yehowa, kpɔ ale si wodo vlom la ɖa.” 12 “Mi ame siwo katã to afi ma yi,ɖe mewɔ naneke na mi oa?Mitsa ŋku miakpɔe ɖa!Ɖe fukpekpe aɖe le abe esi wohe va dzinye,esi Yehowa he va dzinye leeƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkekewo me la enea? 13 “Eɖo dzo ɖa tso dziƒo,ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me.Eɖo ɖɔ na nye afɔwoeye wògbugbɔm ɖe megbe.Ewɔm mezu gbegbe hekuƒenyi ŋkeke blibo la katã. 14 “Ebla nye nu vɔ̃wo abe kɔkuti ene,etsɔ eƒe asiwo lɔ̃e wode nu wo nɔewo me.Woɖiɖi ɖe nye kɔʋumeeye Aƒetɔ la ɖe nye ŋusẽ ɖa.Etsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o. 15 “Aƒetɔ la gbe nule kalẽtɔ siwo katã le donyeme la gbɔ,eɖo aʋakɔ ɖabe woato nye ɖekakpuiwo nyanyanya.Le eƒe wainfiaƒe,Aƒetɔ la fanya Yuda Vinyɔnuwo. 16 “Esia ta mefa avieye nye ŋkuwo fa aɖatsi blobloblo.Ame aɖeke metsɔ ɖe gbɔnye afa akɔ nam oeye ame aɖeke meli si agbɔ agbe nye luʋɔ o.Vinyewo zu hiãtɔwoelabena futɔ ƒe alɔ yi dzi.” 17 Zion ke eƒe abɔwo me gakeame aɖeke meli si afa akɔ nɛ o.Yehowa gblɔ nya ɖi ɖe Yakob ŋu beeƒe aƒelikawo nanye eƒe futɔwoeye Yerusalem va zuŋunyɔnu le wo dome. 18 “Yehowa le dzɔdzɔe,gake metsi tsitre ɖe eƒe se la ŋu.Miɖo to, mi amewo katã,mikpɔ nye fukpekpewo ɖa.Nye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo katãyi aboyo me. 19 “Meyɔ xɔ̃nyewogake woflum.Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaatsrɔ̃ le dua meesime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dimbe woaɖu atsi agbe. 20 “O Yehowa, kpɔ ale si metsi dzodzodzoe ɖa!Nye ameti blibo la metɔtɔeye nye dzi hã le fu ɖem namelabena medze aglã vevie.Yi le nu gblẽm le gota;eye le eme la, ku koe li. 21 “Amewo se nye ŋeŋegake ame aɖeke meli afa akɔ nam o.Nye futɔwo katã se nye dzɔgbevɔ̃eŋkɔeye wodzɔ dzi le nu si nèwɔ ta.Na be ŋkeke si ƒe gbeƒã nèɖe la navabe woawo hã nanɔ abe nye ene. 22 “Na be woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nava ŋkuwò me;wɔ na woabe ale si nèwɔmle nye nu vɔ̃wo katã ta la ene.Nye hũuɖeɖe sɔ gbɔeye nu te nye dzi ŋuti.”

In Other Versions

Lamentations 1 in the ANGEFD

Lamentations 1 in the ANTPNG2D

Lamentations 1 in the AS21

Lamentations 1 in the BAGH

Lamentations 1 in the BBPNG

Lamentations 1 in the BBT1E

Lamentations 1 in the BDS

Lamentations 1 in the BEV

Lamentations 1 in the BHAD

Lamentations 1 in the BIB

Lamentations 1 in the BLPT

Lamentations 1 in the BNT

Lamentations 1 in the BNTABOOT

Lamentations 1 in the BNTLV

Lamentations 1 in the BOATCB

Lamentations 1 in the BOATCB2

Lamentations 1 in the BOBCV

Lamentations 1 in the BOCNT

Lamentations 1 in the BOGWICC

Lamentations 1 in the BOHCB

Lamentations 1 in the BOHCV

Lamentations 1 in the BOHLNT

Lamentations 1 in the BOHNTLTAL

Lamentations 1 in the BOICB

Lamentations 1 in the BOILNTAP

Lamentations 1 in the BOITCV

Lamentations 1 in the BOKCV

Lamentations 1 in the BOKCV2

Lamentations 1 in the BOKHWOG

Lamentations 1 in the BOKSSV

Lamentations 1 in the BOLCB

Lamentations 1 in the BOLCB2

Lamentations 1 in the BOMCV

Lamentations 1 in the BONAV

Lamentations 1 in the BONCB

Lamentations 1 in the BONLT

Lamentations 1 in the BONUT2

Lamentations 1 in the BOPLNT

Lamentations 1 in the BOSCB

Lamentations 1 in the BOSNC

Lamentations 1 in the BOTLNT

Lamentations 1 in the BOVCB

Lamentations 1 in the BOYCB

Lamentations 1 in the BPBB

Lamentations 1 in the BPH

Lamentations 1 in the BSB

Lamentations 1 in the CCB

Lamentations 1 in the CUV

Lamentations 1 in the CUVS

Lamentations 1 in the DBT

Lamentations 1 in the DGDNT

Lamentations 1 in the DHNT

Lamentations 1 in the DNT

Lamentations 1 in the ELBE

Lamentations 1 in the EMTV

Lamentations 1 in the ESV

Lamentations 1 in the FBV

Lamentations 1 in the FEB

Lamentations 1 in the GGMNT

Lamentations 1 in the GNT

Lamentations 1 in the HARY

Lamentations 1 in the HNT

Lamentations 1 in the IRVA

Lamentations 1 in the IRVB

Lamentations 1 in the IRVG

Lamentations 1 in the IRVH

Lamentations 1 in the IRVK

Lamentations 1 in the IRVM

Lamentations 1 in the IRVM2

Lamentations 1 in the IRVO

Lamentations 1 in the IRVP

Lamentations 1 in the IRVT

Lamentations 1 in the IRVT2

Lamentations 1 in the IRVU

Lamentations 1 in the ISVN

Lamentations 1 in the JSNT

Lamentations 1 in the KAPI

Lamentations 1 in the KBT1ETNIK

Lamentations 1 in the KBV

Lamentations 1 in the KJV

Lamentations 1 in the KNFD

Lamentations 1 in the LBA

Lamentations 1 in the LBLA

Lamentations 1 in the LNT

Lamentations 1 in the LSV

Lamentations 1 in the MAAL

Lamentations 1 in the MBV

Lamentations 1 in the MBV2

Lamentations 1 in the MHNT

Lamentations 1 in the MKNFD

Lamentations 1 in the MNG

Lamentations 1 in the MNT

Lamentations 1 in the MNT2

Lamentations 1 in the MRS1T

Lamentations 1 in the NAA

Lamentations 1 in the NASB

Lamentations 1 in the NBLA

Lamentations 1 in the NBS

Lamentations 1 in the NBVTP

Lamentations 1 in the NET2

Lamentations 1 in the NIV11

Lamentations 1 in the NNT

Lamentations 1 in the NNT2

Lamentations 1 in the NNT3

Lamentations 1 in the PDDPT

Lamentations 1 in the PFNT

Lamentations 1 in the RMNT

Lamentations 1 in the SBIAS

Lamentations 1 in the SBIBS

Lamentations 1 in the SBIBS2

Lamentations 1 in the SBICS

Lamentations 1 in the SBIDS

Lamentations 1 in the SBIGS

Lamentations 1 in the SBIHS

Lamentations 1 in the SBIIS

Lamentations 1 in the SBIIS2

Lamentations 1 in the SBIIS3

Lamentations 1 in the SBIKS

Lamentations 1 in the SBIKS2

Lamentations 1 in the SBIMS

Lamentations 1 in the SBIOS

Lamentations 1 in the SBIPS

Lamentations 1 in the SBISS

Lamentations 1 in the SBITS

Lamentations 1 in the SBITS2

Lamentations 1 in the SBITS3

Lamentations 1 in the SBITS4

Lamentations 1 in the SBIUS

Lamentations 1 in the SBIVS

Lamentations 1 in the SBT

Lamentations 1 in the SBT1E

Lamentations 1 in the SCHL

Lamentations 1 in the SNT

Lamentations 1 in the SUSU

Lamentations 1 in the SUSU2

Lamentations 1 in the SYNO

Lamentations 1 in the TBIAOTANT

Lamentations 1 in the TBT1E

Lamentations 1 in the TBT1E2

Lamentations 1 in the TFTIP

Lamentations 1 in the TFTU

Lamentations 1 in the TGNTATF3T

Lamentations 1 in the THAI

Lamentations 1 in the TNFD

Lamentations 1 in the TNT

Lamentations 1 in the TNTIK

Lamentations 1 in the TNTIL

Lamentations 1 in the TNTIN

Lamentations 1 in the TNTIP

Lamentations 1 in the TNTIZ

Lamentations 1 in the TOMA

Lamentations 1 in the TTENT

Lamentations 1 in the UBG

Lamentations 1 in the UGV

Lamentations 1 in the UGV2

Lamentations 1 in the UGV3

Lamentations 1 in the VBL

Lamentations 1 in the VDCC

Lamentations 1 in the YALU

Lamentations 1 in the YAPE

Lamentations 1 in the YBVTP

Lamentations 1 in the ZBP