Revelation 18 (BEV)
1 Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe nɔ esi eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigbadzi klẽ. 2 Edo ɣli kple gbe gã aɖe be, “Womui! Womu Babilonia Gã la! Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wo kple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwo kpakple xadza na xevi makɔmakɔwo kple xevi siwo womeɖuna o, 3 elabena dukɔwo katã no eƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ. Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.” 4 Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Mido go le wo dome, nye amewo be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o, be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o. 5 Elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke eye Mawu ɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi. 6 Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene. Ɖo eteƒe nɛ zigbɔzi eve ɖe nu si wòwɔ la ta. Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ anɛ. 7 Egblɔ le eƒe dzime dadatɔe be, ‘menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene. 8 Ale be le ŋkeke ɖeka me la, eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi, esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame. Dzo ava fiae keŋkeŋ elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui. 9 “Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi eye woafa nɛ. 10 Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, ‘Babaa! O du gã, babaa na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’ 11 “Anyigbadzisitsalawo afa avi eye woafa nɛ elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuwo ƒlem o. 12 Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpexɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, sitronʋuƒo vovovowo, kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpexɔasiwo. 13 Bubuawoe nye atikeʋeʋẽ, sinamɔn, detsiƒonuʋeʋẽwo, dzudzɔʋeʋẽdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ meme, mɔlu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo. 14 “Wo katã woagblɔ be, ‘kutsetse si nèdi vevie la do le asiwòme. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’ 15 Asitsala siwo dzra nu siawo eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la, atsi tre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo le eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi, 16 eye woado ɣli be, ‘Babaa! O du gã si do aklala biɖibiɖi kple avɔ dzĩ kpakple avɔ blɔtɔ ƒe awulegbe eye nède sikakɔwla si le dzo dam, kpexɔasidzonuwo kple dzonu ƒuƒuiwo, babaa na wò! 17 Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la, wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃!’“Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo, kple ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tsoa ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge. 18 Ne wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du gã sia enea?’ 19 Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi eye woado konyifaɣli be, ‘Babaa! O du gã, afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le la, kpɔ woƒe kesinɔnuwo le. Babaa na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ. 20 O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta! Mi amekɔkɔewo, apostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye! Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnui ɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.’ ” 21 Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la, ƒu gbe ɖe atsiaƒu me eye wògblɔ be, “Aleae woatsɔ dziku kple ŋusẽ aƒu Babilonia, du gã la, anyii eye magafɔ gbeɖe o. 22 Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo, dzekulawo kple kpẽkulawo la, womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema kee womagakpɔ asinudɔwɔla aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o. Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu le mewò akpɔ gbeɖe o. 23 Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema kee ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o. Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexeame ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae. 24 Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple amekɔkɔewo kpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò.”
In Other Versions
Revelation 18 in the ANGEFD
Revelation 18 in the ANTPNG2D
Revelation 18 in the AS21
Revelation 18 in the BAGH
Revelation 18 in the BBPNG
Revelation 18 in the BBT1E
Revelation 18 in the BDS
Revelation 18 in the BHAD
Revelation 18 in the BIB
Revelation 18 in the BLPT
Revelation 18 in the BNT
Revelation 18 in the BNTABOOT
Revelation 18 in the BNTLV
Revelation 18 in the BOATCB
Revelation 18 in the BOATCB2
Revelation 18 in the BOBCV
Revelation 18 in the BOCNT
Revelation 18 in the BOECS
Revelation 18 in the BOGWICC
Revelation 18 in the BOHCB
Revelation 18 in the BOHCV
Revelation 18 in the BOHLNT
Revelation 18 in the BOHNTLTAL
Revelation 18 in the BOICB
Revelation 18 in the BOILNTAP
Revelation 18 in the BOITCV
Revelation 18 in the BOKCV
Revelation 18 in the BOKCV2
Revelation 18 in the BOKHWOG
Revelation 18 in the BOKSSV
Revelation 18 in the BOLCB
Revelation 18 in the BOLCB2
Revelation 18 in the BOMCV
Revelation 18 in the BONAV
Revelation 18 in the BONCB
Revelation 18 in the BONLT
Revelation 18 in the BONUT2
Revelation 18 in the BOPLNT
Revelation 18 in the BOSCB
Revelation 18 in the BOSNC
Revelation 18 in the BOTLNT
Revelation 18 in the BOVCB
Revelation 18 in the BOYCB
Revelation 18 in the BPBB
Revelation 18 in the BPH
Revelation 18 in the BSB
Revelation 18 in the CCB
Revelation 18 in the CUV
Revelation 18 in the CUVS
Revelation 18 in the DBT
Revelation 18 in the DGDNT
Revelation 18 in the DHNT
Revelation 18 in the DNT
Revelation 18 in the ELBE
Revelation 18 in the EMTV
Revelation 18 in the ESV
Revelation 18 in the FBV
Revelation 18 in the FEB
Revelation 18 in the GGMNT
Revelation 18 in the GNT
Revelation 18 in the HARY
Revelation 18 in the HNT
Revelation 18 in the IRVA
Revelation 18 in the IRVB
Revelation 18 in the IRVG
Revelation 18 in the IRVH
Revelation 18 in the IRVK
Revelation 18 in the IRVM
Revelation 18 in the IRVM2
Revelation 18 in the IRVO
Revelation 18 in the IRVP
Revelation 18 in the IRVT
Revelation 18 in the IRVT2
Revelation 18 in the IRVU
Revelation 18 in the ISVN
Revelation 18 in the JSNT
Revelation 18 in the KAPI
Revelation 18 in the KBT1ETNIK
Revelation 18 in the KBV
Revelation 18 in the KJV
Revelation 18 in the KNFD
Revelation 18 in the LBA
Revelation 18 in the LBLA
Revelation 18 in the LNT
Revelation 18 in the LSV
Revelation 18 in the MAAL
Revelation 18 in the MBV
Revelation 18 in the MBV2
Revelation 18 in the MHNT
Revelation 18 in the MKNFD
Revelation 18 in the MNG
Revelation 18 in the MNT
Revelation 18 in the MNT2
Revelation 18 in the MRS1T
Revelation 18 in the NAA
Revelation 18 in the NASB
Revelation 18 in the NBLA
Revelation 18 in the NBS
Revelation 18 in the NBVTP
Revelation 18 in the NET2
Revelation 18 in the NIV11
Revelation 18 in the NNT
Revelation 18 in the NNT2
Revelation 18 in the NNT3
Revelation 18 in the PDDPT
Revelation 18 in the PFNT
Revelation 18 in the RMNT
Revelation 18 in the SBIAS
Revelation 18 in the SBIBS
Revelation 18 in the SBIBS2
Revelation 18 in the SBICS
Revelation 18 in the SBIDS
Revelation 18 in the SBIGS
Revelation 18 in the SBIHS
Revelation 18 in the SBIIS
Revelation 18 in the SBIIS2
Revelation 18 in the SBIIS3
Revelation 18 in the SBIKS
Revelation 18 in the SBIKS2
Revelation 18 in the SBIMS
Revelation 18 in the SBIOS
Revelation 18 in the SBIPS
Revelation 18 in the SBISS
Revelation 18 in the SBITS
Revelation 18 in the SBITS2
Revelation 18 in the SBITS3
Revelation 18 in the SBITS4
Revelation 18 in the SBIUS
Revelation 18 in the SBIVS
Revelation 18 in the SBT
Revelation 18 in the SBT1E
Revelation 18 in the SCHL
Revelation 18 in the SNT
Revelation 18 in the SUSU
Revelation 18 in the SUSU2
Revelation 18 in the SYNO
Revelation 18 in the TBIAOTANT
Revelation 18 in the TBT1E
Revelation 18 in the TBT1E2
Revelation 18 in the TFTIP
Revelation 18 in the TFTU
Revelation 18 in the TGNTATF3T
Revelation 18 in the THAI
Revelation 18 in the TNFD
Revelation 18 in the TNT
Revelation 18 in the TNTIK
Revelation 18 in the TNTIL
Revelation 18 in the TNTIN
Revelation 18 in the TNTIP
Revelation 18 in the TNTIZ
Revelation 18 in the TOMA
Revelation 18 in the TTENT
Revelation 18 in the UBG
Revelation 18 in the UGV
Revelation 18 in the UGV2
Revelation 18 in the UGV3
Revelation 18 in the VBL
Revelation 18 in the VDCC
Revelation 18 in the YALU
Revelation 18 in the YAPE
Revelation 18 in the YBVTP
Revelation 18 in the ZBP