Revelation 18 (BOECS)

1 Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla bubu wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ŋusẽ gã aɖe nɔ esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe na anyigba dzi klẽ. 2 Edo ɣli kple gbe gã aɖe be,“ ‘Womui! Womu Babilonia Gã la!’Eva zu aƒe na gbɔgbɔ vɔ̃wokple mɔ sesẽ na gbɔgbɔ makɔmakɔwokple xadza na xevi makɔmakɔwokple lã siwo womeɖuna o la, 3 elabena dukɔwo katã noeƒe dɔmedzoe ƒe wain si nye eƒe gbolowɔwɔ la.Anyigbadzifiawo wɔ ahasi kplii,eye anyigbadzisitsala gãwo zu hotsuitɔ gãwo to eƒe kesinɔnu gbogboawo me.” 4 Tete mese gbe bubu tso dziƒo le gbɔgblɔm be,“ ‘Nye amewo, mido go le wo dome,’be miagakpɔ gome le woƒe nu vɔ̃wo me o,be woƒe dɔvɔ̃wo dometɔ aɖeke nagava mia dzi o, 5 elabena woƒe nu vɔ̃wo li kɔ yi ɖe dziƒo ke,eye Mawu ɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi. 6 Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene.Ɖo eteƒe nɛ zi eve ɖe nu si wòwɔ la ta.Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ nɛ. 7 Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be,‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene,nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesesenɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔekple kesinɔnuwo na eɖokui ene. 8 Eya ta le ŋkeke ɖeka me la,eƒe dɔvɔ̃wo ava ƒo ɖe edzi,esiwo nye ku, konyifafa kple dɔwuame.Dzo ava fiae keŋkeŋ,elabena ŋusẽtɔe nye Aƒetɔ Mawu, ame si drɔ̃ ʋɔnui. 9 “Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi, eye woafa nɛ. 10 Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be,“ ‘Baba! O du gã, baba na wò.O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le!Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’ 11 “Anyigbadzisitsalawo afa avi, eye woafa nɛ, elabena ame aɖeke megale woƒe adzɔnuwo ƒlem o. 12 Adzɔnu siawoe nye sika, klosalo, kpe xɔasiwo, dzonuwo, aklala biɖibiɖiwo, ago, sedavɔ, avɔ dzĩwo, ati ʋeʋĩ vovovowo kple nu vovovo siwo wowɔ kple nyiɖu, ati xɔasiwo, akɔbli, gayibɔ kple kpe xɔasiwo. 13 Bubuawoe nye atike ʋeʋĩ, sinamɔn, detsiƒonu ʋeʋĩwo, dzudzɔʋeʋĩdonuwo, kotoklobo, lifi, wain, amitimi, wɔ memi, lu, nyiwo, alẽwo, sɔwo kple woƒe tasiaɖamwo, kluviwo kple amewo ƒe luʋɔwo. 14 “Wo katã woagblɔ be, ‘Kutsetse si nèdi vevie la do le asiwò me. Wò kesinɔnuwo kple wò atsyɔ̃ hã tsrɔ̃; womagatrɔ agbɔ gbeɖe o.’ 15 Asitsala siwo dzra nu siawo, eye wokpɔ woƒe kesinɔnuwo tso egbɔ la atsi tsitre ɖe adzɔge ke le ŋɔdzi si lé wo ɖe eƒe fuwɔame ta la ta. Woafa avi, afa konyi, 16 eye woado ɣli be,“ ‘Baba! O du gã si do aklala biɖibiɖikple avɔ dzĩ kple avɔ blɔtɔ ƒe awu legbe,eye nède sikakɔga si le dzo dam,kpe xɔasiwo kple dzonu ƒuƒuiwo, baba na wò! 17 Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me la,wò kesinɔnu gbogbo siawo tsrɔ̃!’“Azɔ la, kuɖɔɖola ɖe sia ɖe, ame siwo katã ɖoa tɔdziʋu, tɔdziʋukulawo kple ame siwo katã kpɔa woƒe abolo tso ƒudzidɔwɔwɔ me la katã anɔ adzɔge. 18 Ne wokpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ le tutum la, woado ɣli be, ‘Du aɖe nɔ anyi kpɔ abe du gã sia enea?’ 19 Woalɔ ke akɔ ɖe tame, woafa avi, eye woado konyifaɣli be,“ ‘Baba! O du gã,afi si ame siwo katã si tɔdziʋu si nɔa ƒu dzi le lakpɔ woƒe kesinɔnuwo le.Baba na wò! Le gaƒoƒo ɖeka pɛ ko me, wotsrɔ̃e keŋkeŋ.’ 20 “O dziƒo, dzɔ dzi le eya amea ta!Mi Mawu ƒe amewoapostolowo kple nyagblɔɖilawo, mitso aseye!Elabena Mawu drɔ̃ ʋɔnuiɖe ale si wòwɔ fu mi la ta.” 21 Tete mawudɔla triakɔ aɖe tsɔ kpe aɖe si ƒe lolome anɔ abe wɔtute ene la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye wògblɔ be,“Aleae woatsɔ dzikukple ŋusẽ aƒu Babilonia,du gã la anyii, eye magafɔ gbeɖe o. 22 Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo,dzekulawo kple kpẽkulawo la,womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o.Nenema ke womagakpɔ asinudɔwɔlaaɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o.Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutule mewò akpɔ gbeɖe o. 23 Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o.Nenema ke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o.Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexea me;ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae. 24 Wokpɔ nyagblɔɖilawo kple ame kɔkɔewokpakple ame siwo katã wowu le anyigba dzi la ƒe ʋu le mewò.”

In Other Versions

Revelation 18 in the ANGEFD

Revelation 18 in the ANTPNG2D

Revelation 18 in the AS21

Revelation 18 in the BAGH

Revelation 18 in the BBPNG

Revelation 18 in the BBT1E

Revelation 18 in the BDS

Revelation 18 in the BEV

Revelation 18 in the BHAD

Revelation 18 in the BIB

Revelation 18 in the BLPT

Revelation 18 in the BNT

Revelation 18 in the BNTABOOT

Revelation 18 in the BNTLV

Revelation 18 in the BOATCB

Revelation 18 in the BOATCB2

Revelation 18 in the BOBCV

Revelation 18 in the BOCNT

Revelation 18 in the BOGWICC

Revelation 18 in the BOHCB

Revelation 18 in the BOHCV

Revelation 18 in the BOHLNT

Revelation 18 in the BOHNTLTAL

Revelation 18 in the BOICB

Revelation 18 in the BOILNTAP

Revelation 18 in the BOITCV

Revelation 18 in the BOKCV

Revelation 18 in the BOKCV2

Revelation 18 in the BOKHWOG

Revelation 18 in the BOKSSV

Revelation 18 in the BOLCB

Revelation 18 in the BOLCB2

Revelation 18 in the BOMCV

Revelation 18 in the BONAV

Revelation 18 in the BONCB

Revelation 18 in the BONLT

Revelation 18 in the BONUT2

Revelation 18 in the BOPLNT

Revelation 18 in the BOSCB

Revelation 18 in the BOSNC

Revelation 18 in the BOTLNT

Revelation 18 in the BOVCB

Revelation 18 in the BOYCB

Revelation 18 in the BPBB

Revelation 18 in the BPH

Revelation 18 in the BSB

Revelation 18 in the CCB

Revelation 18 in the CUV

Revelation 18 in the CUVS

Revelation 18 in the DBT

Revelation 18 in the DGDNT

Revelation 18 in the DHNT

Revelation 18 in the DNT

Revelation 18 in the ELBE

Revelation 18 in the EMTV

Revelation 18 in the ESV

Revelation 18 in the FBV

Revelation 18 in the FEB

Revelation 18 in the GGMNT

Revelation 18 in the GNT

Revelation 18 in the HARY

Revelation 18 in the HNT

Revelation 18 in the IRVA

Revelation 18 in the IRVB

Revelation 18 in the IRVG

Revelation 18 in the IRVH

Revelation 18 in the IRVK

Revelation 18 in the IRVM

Revelation 18 in the IRVM2

Revelation 18 in the IRVO

Revelation 18 in the IRVP

Revelation 18 in the IRVT

Revelation 18 in the IRVT2

Revelation 18 in the IRVU

Revelation 18 in the ISVN

Revelation 18 in the JSNT

Revelation 18 in the KAPI

Revelation 18 in the KBT1ETNIK

Revelation 18 in the KBV

Revelation 18 in the KJV

Revelation 18 in the KNFD

Revelation 18 in the LBA

Revelation 18 in the LBLA

Revelation 18 in the LNT

Revelation 18 in the LSV

Revelation 18 in the MAAL

Revelation 18 in the MBV

Revelation 18 in the MBV2

Revelation 18 in the MHNT

Revelation 18 in the MKNFD

Revelation 18 in the MNG

Revelation 18 in the MNT

Revelation 18 in the MNT2

Revelation 18 in the MRS1T

Revelation 18 in the NAA

Revelation 18 in the NASB

Revelation 18 in the NBLA

Revelation 18 in the NBS

Revelation 18 in the NBVTP

Revelation 18 in the NET2

Revelation 18 in the NIV11

Revelation 18 in the NNT

Revelation 18 in the NNT2

Revelation 18 in the NNT3

Revelation 18 in the PDDPT

Revelation 18 in the PFNT

Revelation 18 in the RMNT

Revelation 18 in the SBIAS

Revelation 18 in the SBIBS

Revelation 18 in the SBIBS2

Revelation 18 in the SBICS

Revelation 18 in the SBIDS

Revelation 18 in the SBIGS

Revelation 18 in the SBIHS

Revelation 18 in the SBIIS

Revelation 18 in the SBIIS2

Revelation 18 in the SBIIS3

Revelation 18 in the SBIKS

Revelation 18 in the SBIKS2

Revelation 18 in the SBIMS

Revelation 18 in the SBIOS

Revelation 18 in the SBIPS

Revelation 18 in the SBISS

Revelation 18 in the SBITS

Revelation 18 in the SBITS2

Revelation 18 in the SBITS3

Revelation 18 in the SBITS4

Revelation 18 in the SBIUS

Revelation 18 in the SBIVS

Revelation 18 in the SBT

Revelation 18 in the SBT1E

Revelation 18 in the SCHL

Revelation 18 in the SNT

Revelation 18 in the SUSU

Revelation 18 in the SUSU2

Revelation 18 in the SYNO

Revelation 18 in the TBIAOTANT

Revelation 18 in the TBT1E

Revelation 18 in the TBT1E2

Revelation 18 in the TFTIP

Revelation 18 in the TFTU

Revelation 18 in the TGNTATF3T

Revelation 18 in the THAI

Revelation 18 in the TNFD

Revelation 18 in the TNT

Revelation 18 in the TNTIK

Revelation 18 in the TNTIL

Revelation 18 in the TNTIN

Revelation 18 in the TNTIP

Revelation 18 in the TNTIZ

Revelation 18 in the TOMA

Revelation 18 in the TTENT

Revelation 18 in the UBG

Revelation 18 in the UGV

Revelation 18 in the UGV2

Revelation 18 in the UGV3

Revelation 18 in the VBL

Revelation 18 in the VDCC

Revelation 18 in the YALU

Revelation 18 in the YAPE

Revelation 18 in the YBVTP

Revelation 18 in the ZBP